1 Timothy 5

Timoteo ƒe dɔdeasi ku ɖe ahosiwo, ame tsitsiwo, kple kluviwo ŋuti

1Mègaƒo nu na me tsitsi aɖeke kple ada o, ke boŋ ƒo nu nɛ bubutɔe, abe wò ŋutɔ fofowòe nèle nu ƒom na ene. Ƒo nu na ɖekakpuiawo abe ale si nàƒo nu na nɔviwò ŋutsu lɔlɔ̃awo ene. 2Tsɔ nyɔnu tsitsiwo abe dawòwo ene eye ɖetugbiwo abe nɔviwò nyɔnuwo ene, eye susu dzadzɛwo ko nanɔ wò tame ɖe wo ŋu.

3Nenye be ahosiwo mekpɔ ame aɖeke woakpɔ wo dzi o la, ekema hamea natsɔe ɖo eɖokui dzi atsɔ lɔlɔ̃ akpɔ wo dzii. 4Ke ne viwo alo mamayɔviwo le wo si la, ekema ele be woawo nakpɔ wo dzi elabena ele be dɔmenyowɔwɔ nadze egɔme tso aƒeme, eya ta ele be woakpe ɖe wo dzila siwo le hiã me la ŋuti. Esia nye nane si dzea Mawu ŋu ŋutɔŋutɔ.

5Hame la nèkpɔ ahosi dahe siwo tsi akogo le xexeame la dzi nenye be wole Mawu sinu kpɔm be wòakpe ɖe yewo ŋuti, eye wole gbe dom ɖa atraɖii, 6ke menye ne wogblẽa woƒe ɣeyiɣi nɔa tsatsam nɔa ameŋunya gblɔm, nɔa ŋutilãmedzidzɔ ko dim eye wogblẽa nu le woƒe luʋɔ ŋuti o. 7Esia nanye miaƒe hame la ƒe ɖoɖo ale be kristotɔwo nanya eye woawɔ nu si dze.

8Ke ame si makpe ɖe eya ŋutɔ ƒe ƒometɔ siwo le hiã me, vevietɔ esiwo le eya ŋutɔ ƒe aƒeme ŋuti o la, mekpɔ mɔ be woayɔ eɖokui be kristotɔ o. Trɔ̃subɔla gɔ̃ hã nyo wu ame sia tɔgbi.

9Womatsɔ ahosi aɖeke ƒe ŋkɔ ade ahosiwo dome o negbe exɔ ƒe blaade kple edzivɔ eye wònye ame si nɔ srɔ̃a gbɔ le nyateƒetoto me. 10Ele be wòakpɔ ɖaseɖiɖi nyui le amewo katã gbɔ le eƒe dɔ nyui wɔwɔ me le kpɔɖeŋu me ame si hea viawo nyuie, lɔ̃a amedzrowɔwɔ, klɔa ame kɔkɔewo ƒe afɔwo, kpena ɖe ame siwo ɖo xaxa me la ŋu eye wòƒoa eɖokui ɖe dɔ nyui sia dɔ nyui wɔwɔ me.

11Mele be woaxɔ ahosi siwo metsi o la ɖe dɔ dɔxɛ wɔla siawo dome o elabena le ɣeyiɣi kpui aɖe megbe la woada le adzɔgbe si woɖe na Kristo la dzi eye woagaɖe srɔ̃. 12Ale woadze na tohehe elabena woda le woƒe ŋugbedodo adzɔgbeɖeɖe la dzi. 13Hekpe ɖe esia ŋuti la, ele eme be woava zu ame ɖɔewo eye woagblẽ woƒe ɣeyiɣi anɔ ameŋunya gblɔm tso aƒe si me yi ekemɛ me, anɔ nu dem ame bubuwo ƒe nya me. 14Eya ta mesusu be enyo na ahosi siwo metsi o la be woagaɖe srɔ̃, adzi viwo, eye woakpɔ woawo ŋutɔ ƒe aƒe dzi. Ekema ame aɖeke mate ŋu agblɔ nya aɖeke ɖe wo ŋuti o. 15Elabena mevɔ̃ be wo dometɔ aɖewo do le eye Satana hamea me, kplɔ wo tra mɔe xoxo.

16Na magaɖo ŋku edzi na wò ake be ele na ahosiwo ƒe ƒometɔwo be woakpɔ wo dzi, eye mele be woaɖe asi le dɔ sia wɔwɔ ŋuti na hamea o. Ekema hamea ate ŋu atsɔ ga si le esi la akpɔ ahosi amemanɔsitɔwo dzii.

Beléle na hamedzikpɔlawo

17Hamedzikpɔla siwo wɔa hadɔ nyuie la, dze na bubuteƒe eve, vevietɔ esiwo kua kutri le mawunyagbɔgblɔ kple efiafia me, 18elabena woŋlɔ ɖe mawunya me be, “Mègabla nu na nyitsu ne ele mɔlu tugum o.” Wogagblɔ le teƒe bubu hã be, “Dɔwɔla dze na eƒe fetu.” 19Ne wotsɔ nya ɖe hamedzikpɔla aɖe ŋu la, mègawɔ nya la ŋudɔ o, negbe le ɖasefo eve alo etɔ̃ ƒe nya nu ko. 20Woaka mo na nu vɔ̃ wɔlawo le hame bliboa ŋkume be wòanye kpɔɖeŋu na ame bubuwo.

21Mele se dem na wò moveviɖotɔe le Mawu kple Aƒetɔ Yesu Kristo kpakple mawudɔla kɔkɔeawo katã ƒe ŋkume, be nàwɔ nu sia ne hamemegã la nye xɔ̃wò vevi loo alo menye xɔ̃wò o. Ele be woatsɔ dzidzenu ɖeka ma ko na ame sia ame. 22Mègatsi dzi klokloklo le hamemegãtiatia me o. Wò ŋku abu le eƒe nu vɔ̃wo dzi eye wòawɔ abe ɖe nède eƒe nu vɔ̃wo dzi ene. Kpɔ nyuie be wò ŋutɔ nate ɖa xaa tso nu vɔ̃ ɖe sia ɖe ƒomevi gbɔ. 23Ke hã la, esia mefia be nàtsri wain keŋkeŋ o. Ele be nano sue aɖe ɣeaɖewoɣi abe atike ene ɖe wò dɔmeɖu la ta elabena edzea dɔ kaba kaba.

24Ɖo ŋku edzi be ŋutsu aɖewo hamemegã aɖewo gɔ̃ hã, le nu vɔ̃ gbe nɔm eye esia le nyanya na ame sia ame. Le nu siawo me la, ate ŋu awɔ nane tso eŋuti. Ke le go bubuwo me la, ʋɔnudrɔ̃gbe la koe ate ŋu aɖe nyateƒe dziŋɔ la ɖe go. 25Nenema ke, ame sia ame nya ale si hamemegã aɖewo wɔ dɔ nyuie, gake ɣeaɖewoɣi la womenya woƒe dɔ nyui wɔwɔwo o, va se ɖe ɣeyiɣi didi aɖewo megbe hafi.

Copyright information for EweBEE